Jeremiah 51:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la, ta eɖokui ƒe agbe be: Mana amewo nayɔ mewò fũu abe ʋetsuviwo ƒe ha wonye ene, eye woado dziɖuɖu ƒe ɣli ɖe tawò.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa Zebaot la eƒe agbe be: Ne metsɔ amewo yɔ wò taŋ abe ʋetsuviwo ene hã la, woatso ayiboopɛɛ ɖe ŋuwò!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla tà eya ŋutɔ ɖokui gblɔ be: Ne nyemekplɔ aʋakɔwo vɛ kpaŋkpaŋkpaŋ, abe ʋetsuviwo ene va ƒo ɖe anyigba sia dzi taŋ, eye woƒe dziɖuɣli ɖi ɖe mia ŋu hoo o fĩi!”