Jeremiah 51:27 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Kɔ aflaga dzi le anyigba la dzi! Ku kpẽ la le dukɔwo dome! Dzra dukɔwo ɖo woakpe aʋa kplii. Yɔ fiaɖuƒe siawo woava sɔ ɖe eŋu, Ararat, Mini kple Askenaz. Ɖo aʋafia ɖe eŋu, eye nàdɔ sɔ siwo sɔ gbɔ abe ʋetsuviwo ene la ɖe eŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mitu aflaga ɖe anyigba dzi, miku kpẽ le dukɔwo dome, mikɔ dukɔwo ŋu ɖe eŋuti, miyɔ fiaɖuƒewo ɖe eŋuti tso Ararat, Mini kple Askenas, miɖo aʋafiawo ɖe eŋuti, eye mikplɔ sɔwo vɛ abe ʋetsuvi tofuwo ene!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Mitu aflaga ɖe anyigba la dzi! Miku kpẽ le dukɔwo dome! Midzra dukɔwo ɖo ɖe eŋu, ne woawɔ aʋa kplii. Miyɔ Ararat, Mini kple Askenaz fiaɖuƒewo vɛ ɖe eŋu. Miɖo aʋakplɔla ɖe eŋuti. Mikplɔ sɔwo vɛ fũu abe ʋetsuvi tofuwo ene.