Jeremiah 51:28 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dzra dukɔwo ɖo ne woakpe aʋa kplii. Media fiawo, woƒe dziɖulawo, woƒe dɔnunɔlawo katã kple dukɔ siwo katã dzi ɖum wole la nakpe aʋa kplii.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mikɔ dukɔwo ŋu ɖe eŋuti, Media-fiawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo katã kpakple woƒe fiaɖuƒe ƒe anyigba blibo la!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Midzra dukɔwo ɖo ɖe eŋu ne woawɔ aʋa kplii. Miyɔ Media-fiawo kple woƒe anyigbanunɔlawo kpakple woƒe kpeɖeŋutɔwo hekpe ɖe anyigba ɖe sia ɖe si le woƒe dziɖuɖu te la vɛ.