Jeremiah 51:33 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la gblɔe nye esi: “Babilonia vinyɔnu le abe lugbɔƒe si le lalam la ene; eye esusɔ vie nuŋeɣi naɖo nɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Babel-nyɔnuvi le abe lugbɔƒe le ɣeyiɣi, si me woƒoa eme dana ɖi la ene; esusɔ vie ko, ne nuŋeɣi naɖo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla, Israel ƒe Mawu la be: Babilon vinyɔnu la le abe lugbɔƒe le ɣe si ɣi wole eme ƒom da ɖi ene. Esusɔ vie ko ne eƒe nuŋeɣi naɖo.”