Jeremiah 51:39 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ne dzo ɖo lãme na wo vɔ keŋ la, maɖo nuɖukplɔ̃ na wo, eye mana woamu aha, ale gbegbe be woado ɣli anɔ nu kom xaxaxa, emegbe woadɔ alɔ̃ tegbee, eye womanyɔ akpɔ o.” Yehowae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa be: Ne woƒe lãme tɔ dzo la, matu aglo na wo, eye mana woamu aha, ne woada alɔ̃ tegbetegbe, eye womaganyɔ akpɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne nu tsu ɖuɖu le wo dzrom la, maɖo nuɖukplɔ̃ gã na wo, eye mana woamu aha anɔ dzidzɔ kpɔm. Eyome woadɔ alɔ̃ mavɔ; womaganyɔ akpɔ o. Aƒetɔ lae gblɔe.