Jeremiah 51:46 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne nyawo le ɖiɖim le anyigba dzi, ƒe sia me miese be ale, eye ƒe kemɛ me wobe ale, ne miese ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo alo miavɔ̃ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne nyaa ɖe ɖi le ƒe si me, eye nya bubu ɖi le ƒe keme me, ŋutasesẽ le anyigba dzi, eye dziɖula tso ɖe dziɖula ŋu la, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ megaɖo mi le nya, si miese le anyigba dzi la la o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wobewobe ɖina hekakana ɖe anyigba dzi ƒe sia ƒe be wole ŋutasẽnuwo wɔm, eye dziɖula tsona ɖe dziɖula ŋu. Ne miese wobewobe siawo le anyigbaa dzi la, dzi megaɖe le mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ megaɖo mi o.