Jeremiah 51:55 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yehowa atsrɔ̃ Babilonia, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu. Abe ale si ƒutsotsoewo ɖea gbee ne ƒu dze agbo ene la, nenema futɔwo ƒe gbe aɖii ne wova ƒo ɖe edzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena Yehowa atsrɔ̃ Babel, eye wòatsi eƒe hoowɔwɔ nu, eƒe tsitsotsoewo adze agbo abe lɔ gãwo tɔ ene, eye woƒe gbeɖeɖe nu asẽ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe Aƒetɔ le Babilon tsrɔ̃m, eye wòle eƒe hoowɔwɔ vivivo nu tsim. Eƒe tsitsotsoewo le abe tɔ gãwo tɔ ene, eye woƒe gbeɖeɖe nu sẽ.