Jeremiah 51:56 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nugblẽla aɖe ava ƒo ɖe Babilonia dzi eye wòalé eƒe kalẽtɔwo, ahaŋe woƒe dawo elabena Mawu, nuteƒeɖolae nye Yehowa, aɖo eteƒe na wo wòade pɛpɛpɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nugblẽla aƒo ɖe Babel dzi, eye wòaɖe aboyo eƒe kalẽtɔwo, eye woƒe dawo aŋe, elabena Mawu nuteƒeɖola enye Yehowa, eye ahe to kokoko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe nugblẽla ƒo ɖe edzi, eƒo ɖe Babilon dzi, eye wòlé eƒe aʋawɔlawo. Woŋe woƒe datiwo klíklikli, elabe Aƒetɔ la, Mawu nuteƒeɖola wònye. Ele eteƒe ɖo ge wòade go.