Jeremiah 51:57 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mana woƒe dɔnunɔlawo kple woƒe nunyalawo namu aha, nenema kee nye woƒe dziɖulawo, dudɔnunɔlawo kple kalẽtɔwo siaa; woadɔ alɔ̃ tegbee eye womaganyɔ gbeɖe o.” Fia si ŋkɔe nye Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye mana aha woƒe tatɔwo kple woƒe nunyalawo, woƒe anyigbanunɔlawo kple woƒe amegãwo kpakple woƒe kalẽtɔwo woano amu, eye woadɔ alɔ̃ tegbetegbe, womaganyɔ o; fia, si ŋkɔ nye Yehowa Zebaot lae gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mana woƒe amegãwo kple nunyalawo namu aha. Woƒe anyigbanunɔlawo, aʋakplɔlawo kple aʋawɔlawo hã amui. Woadɔ alɔ̃ tegbee; womanyɔ o.” Fia si ŋkɔ nye Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.