Jeremiah 51:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Misi tso Babilonia! Si ne nàɖe wò agbe! Womegatsrɔ̃ wò le eƒe nu vɔ̃wo ta o. Ɣeyiɣi de na Yehowa ƒe hlɔ̃biabia, axe fe si dzee la nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Misi dzo le Babel, eye amesiame neɖe eƒe agbe, ne míagatsrɔ̃ ɖe woƒe vodadawo me o, elabena Yehowa ƒe hlɔ̃biaɣi enye esia; nusi wòwɔ la, eya teƒe woaɖo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Misí dzo le Babilon! Mina ame sia ame naɖe eya ŋutɔ ƒe agbe! Mele be miatsrɔ̃ ɖe eƒe fɔɖiɖi ta o, elabe Aƒetɔ ƒe hlɔ̃biaɣie nye esia. Nu si wòwɔ la teƒe ɖom wole nɛ.