Jeremiah 52:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe Babilonia fia gbã Zedekia ƒe ŋkuwo heblae kple akɔblikɔsɔkɔsɔ eye wòkplɔe yi Babilonia afi si wòdee gaxɔ me ɖo va se ɖe eƒe kugbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egbã ŋku na Zedekiya, eye wòde kɔsɔkɔsɔe, eye Babel-fia kplɔe yi Babel hetsɔe ɖe gaxɔ me vaseɖe eƒe kugbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ egbã Zedekiya ƒe ŋkuwo, de kɔsɔkɔsɔe, eye wòkplɔe yi Babilon. Edee gaxɔ me va se ɖe eƒe kugbe.