Jeremiah 52:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Babiloniatɔwo gbã akɔblisɔti, akɔblizɔ kple woƒe anyinɔwo le Yehowa ƒe gbedoxɔ me eye wolɔ akɔbliawo katã yi Babilonia.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti, siwo le Yehowa ƒe xɔ ŋu, kple anyinɔwo kpakple akɔbligazɔ, si le Yehowa ƒe me la, eye wotsɔ woƒe akɔbliwo katã yi Babel.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kaldeatɔwo gbã akɔblisɔti siwo le Aƒetɔ ƒe xɔa ŋu gudugudu, anyinɔawo kple akɔblizɔ si le Aƒetɔ ƒeme la, eye wotsɔ akɔbliawo katã yi Babilon.