Jeremiah 52:22 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotsɔ akɔbli wɔ kukuvi ɖe sɔti ɖe sia ɖe tame, kukuvi ɖe sia ɖe ƒe kɔkɔme nye “mita” eve kple afã. Wolɔ̃ ɖɔ tɔxɛ aɖe tsɔ do atsiã na kukuviawo godoo va kpe eye nenema ke wotsɔ akɔbli wɔ nu si woyɔna be yevuboɖa la ɖe kukuviawo ŋuti godoo va kpe ɖe atsiã tɔxɛ me. Nɔnɔme sia tɔgbi ke mee wowɔ sɔti evelia hã ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wotsɔ akɔbli wɔ kɔ ɖe eta me, eye kɔ la kɔ abɔklugui alɔ̃, ɖɔ lɔlɔ̃ kple yevuboɖawo ƒo xlã kɔ la godoo va kpe, akɔbli sɔŋ wonye. Nusiawo tɔgbe kple yevuboɖawo le sɔti evelia hã ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsɔ akɔbli wɔ kɔ ɖe eta, eye kɔ la ƒe kɔkɔme nye meta eve desimeta eve. Ðɔ kple yevuboɖawo ƒo xlã kɔ la godoo va kpe, eye wonye akɔbli ɖeɖe. Nu siawo tɔgbe kple yevuboɖawo le sɔti evelia hã ŋu.