Jeremiah 52:25 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ekplɔ asrafo siwo gale aʋa wɔm la ƒe amegã kple fia ƒe aɖaŋuɖola adre, le ame siwo gasusɔ ɖe dua me la dome dzoe. Egakplɔ agbalẽŋlɔla si nye dɔnunɔlagã si dia amewo dea asrafodɔ me kple eŋutime blaade siwo ŋu wòke ɖo le dua me la hã dzoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
kple aƒedzikpɔla ɖeka, si le aʋawɔlawo nu, fiaŋume adre, siwo wokpɔ le dua me, aʋafia ƒe agbalẽŋlɔla, amesi yɔa dukɔ hahoo la hena aʋawɔwɔ kpakple dukɔ hahoo la dome ŋutsu blaade, siwo wokpɔ le dua me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo wòkplɔ tso dua me la woe nye: asrafomegã ɖeka si le aʋawɔlawo nu, fia ŋu nɔla adrẽ siwo wòkpɔ le dua me, aʋakplɔla ƒe agbalẽŋlɔla, ame si yɔa dukɔ hahoa ɖe aʋawɔwɔ ŋu kple ŋutsu bubu bla ade tso ameawo dome le anyigba la dzi siwo wòkpɔ le dua me.