Jeremiah 52:31 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Yuda fia, Yehoyatsin ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe blaetɔ̃-vɔ-adrelia me, le ƒe si me Evil Merodak zu fia le Babilonia la, eɖe Yuda fia Yehoyatsin tso gaxɔ me le ɣleti wuievelia ƒe ŋkeke blaeve-vɔ-atɔ̃lia dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esime woɖe aboyo Yuda-fia Yoyaxin le ƒe blaetɔ̃ vɔ adre megbe le dzinu wuievelia ƒe ŋkeke blave vɔ atɔ̃lia dzi la, Babel-fia Evil-Merodax ɖe ga Yuda-fia Yoyaxin le ƒe, si me wòzu fia, eye woɖee tso gaxɔ me;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime woɖe aboyo Yuda-fia Yehoyakin le ƒe bla etɔ̃ vɔ adrẽ megbe, le dzinu wui evelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ atɔ̃lia dzi la, Babilon-fia Evil-Merodax le ƒe si me wòzu fia la, kɔ Yuda-fia Yehoyakin ƒe ta dzi, eye wòɖee tso gaxɔ me.