Jeremiah 52:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Babilonia fia naa Yehoyatsin ƒe gbe sia gbe nuhiahiãwoe le eƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me va se ɖe eƒe kugbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Babel-fia na eƒe nuɖuɖui ɖaa, alesi nu wòbiã gbesiagbe le eƒe agbenɔɣi katã, vaseɖe esime woku.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wonaa dzikpɔga aɖee edziedzi le eƒe hiahiã nu gbe sia gbe le eƒe agbenɔɣi katã va se ɖe eƒe kugbe.