Jeremiah 52:4 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale le Zedekia ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekɛlia me, le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi la, Babilonia fia, Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem dua ŋuti. Woƒu asaɖa anyi ɖe gli la godo eye woƒu kpo ƒo xlã du la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Babel-fia Nebukadnezar kple eƒe aʋakɔ blibo la ho ɖe Yerusalem ŋu le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe asiekelia me le dzinu ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi; woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye le eƒe fiaɖuɖu ƒe ƒè asiekelia me le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewoa gbe la, Babilon-fia Nebukadnezar ho kple eƒe aʋakɔ blibo la ɖe Yerusalem ŋu. Woɖe to ɖee, eye woƒu kpo ɖe eŋu godoo va kpe.