Jeremiah 52:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kasia, woŋɔ gli si woɖo ƒo xlã du la eye asrafoha si le dua me la katã si dzo. Togbɔ be Babiloniatɔwo ɖe to ɖe dua hã la, wodze agbagba si le zãtitina to agbo si le gli eveawo dome eye wòte ɖe fia ƒe amabɔ ŋuti la me. Ale woɖo ta Araba gbegbe
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woŋɔ mɔ ɖe dua ŋu, eye aʋawɔlawo ka tã si to fia ƒe abɔ me mɔ, to agbo, si le gli ŋukplaba eve dome la nu hegblẽ du la ɖi le zã me, eye wòto gbegbemɔ; ke Kaldeatɔwo le glia ŋu godoo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete woŋɔ mɔ ɖe duglia ŋu, togbɔ be Kaldeatɔwo le glia ŋu godoo hã la, aʋawɔlaawo katã te kpɔ sí le zã me. Woto fia ƒe abɔ me mɔ, to agbo si le gli eve dome, eye wosí ɖo ta Araba me.