Jeremiah 6:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Misi yi sitsoƒe, mi Benyaminviwo! Misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa! Mitu aflaga ɖe Bet Hakerem! Elabena gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ dziŋɔ aɖe zɔ tso anyiehe gbɔna.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mi Benyamin-viwo, misi tso Yerusalem! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖo Bet-Hakerem; elabena dzɔgbevɔ̃e kple gbegblẽ gã tso anyiehe gbɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Benyamintɔwo lee, misí do le Yerusalem loo! Miku kpẽ le Tekoa, eye mitu aflaga ɖe Bet-Hakerem elabe dzɔgbevɔ̃e ho tso dzigbeme gbɔna. Nu le tsɔtsrɔ̃ ge ŋutɔŋutɔ.