Jeremiah 6:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame ka maƒo nu na, eye mana nuxɔxlɔ̃e? Ame ka aɖo tom? Woƒe towo xe, eya ta womate ŋu ase nu o. Yehowa ƒe nya vea dɔ me na wo eye womedinɛ be yewoase o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ameka maƒo nu na, eye maɖi ɖase na, be woasee? Kpɔ ɖa, woƒe to meŋɔ, ne woalé to ɖe nya ŋu o. Kpɔ ɖa, Yehowa ƒe nya zu alɔmeɖenu na wo, eƒe nu medze wo ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wo dometɔ ka maƒo nu na, agbe nya na, be wòasee? Kpɔ ɖa, woƒe to me xe, womate ŋu ase nu o. Kpɔ ɖa, ne wose wò gbedeasi la, eɖia kokoe na wo, medoa dzidzɔ na wo o.