Jeremiah 6:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Mitsi tsitre ɖe mɔdogoeƒewo ne miaɖo ŋku anyi akpɔ nu. Mibia blemamɔwo ta se, mibia afi si mɔ nyuitɔ le ne miazɔ edzi, eye miaƒe luʋɔwo akpɔ gbɔɖeme. Gake miegblɔ be, ‘Miazɔ le edzi o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa gblɔ esi: Miyi mowo dzi, miɖo ŋku anyi, eye mibia blema mɔwo ta se be, mɔ kae nye nyuia hã, eye mizɔ edzi, ne miakpɔ gbɔdzɔe na miaƒe luʋɔwo. Ke woawo ɖo ŋu be: Miele edzi to ge o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ be: “Mitsi tsitre ɖe mɔwo to ne miakpɔ nu, eye mibia blemamɔwo ta se afi si mɔ nyuitɔ le, ne miazɔ edzi, ne mia luʋɔwo nakpɔ gbɔdzɔe. Ke woawo gblɔ be: ‘Míele edzi to ge o!’