Jeremiah 6:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta ale Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa, matsɔ nukikliwo ada ɖe dukɔ sia ŋgɔ. Fofowo kple viŋutsuwo siaa akli wo adze anyi eye aƒelikawo kple xɔlɔ̃wo hã atsrɔ̃.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Kpɔ ɖa, maɖo nukikli na dukɔ sia, fofowo kple viwo siaa, aƒelika kple xɔlɔ̃a woaklii, eye woatsrɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ be: ‘Maɖo nu ɖi na dukɔ sia wòakli. Wo katã woaku: Vi tɔ́ kple viŋutsu, aƒelika kple xɔlɔ̃ siaa.’ ”