Jeremiah 6:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wogbɔna kple aŋutrɔ kple akplɔ. Woƒe ta me sẽ, eye womekpɔa nublanui o. Esi wole woƒe sɔwo dzi gbɔna la, woƒe hoowɔwɔ le abe atsiaƒue dze agbo ene. Wobla akpa abe ame siwo dze aʋa ɖi ene be woava akpe aʋa kpli wò, Oo, Zion vinyɔnu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Da kple akplɔ le wo si; ŋutasẽlawo wonye, eye womekpɔa nublanui o; woƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le abe atsiaƒu ƒe gbeɖeɖe ene, wodo sɔwo, eye wobla akpa abe ŋutsu ene, be woawɔ aʋa kpli wò, Zion-nyɔnuvi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Da kple akplɔ le wo si. Wosẽa ŋuta, eye womekpɔa nublanui na ame o. Woƒe ʋunyaʋunyawɔwɔ le abe atsiaƒu ƒe hoowɔwɔ ene. Wole sɔwo dom, eye wobla akpa abe aʋawɔla ene. Wodzra ɖo be yewoawɔ aʋa kple wò, Zion vinyɔnu.”