Jeremiah 7:16 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku ɖe wo nu alo aƒo koko ɖe wo ta o, eye mègaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemaɖo to wò o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wò la megaɖe kuku ɖe dukɔ sia ta o, megaƒo koko ɖewo ta o, megado gbe ɖa ɖe wo ta o, eye megaƒoe ɖe nunye o, elabena nyemasee na wò o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Ke wò la, mègado gbe ɖa ɖe dukɔ sia ta o. Mègaɖe kuku alo aƒo koko ɖe wo ta hã o. Mègaƒoe ɖe nunye o, elabe nyemesenɛ na wò o.