Jeremiah 7:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe aƒe la ƒe agbonu, eye tso afi ma nàɖe gbeƒã nya sia: “ ‘Mise Yehowa ƒe nya, mi Yudatɔ siwo katã to agbo sia me yina be miasubɔ Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tsi tre ɖe Yehowa ƒe aƒe ƒe agbo la me, eye naɖe gbe ƒã nya sia gblɔ bena: Mise Yehowa ƒe nya, mi Yuda blibo la, mi amesiwo vaa agbo sia me, be miade ta agu ɖe Yehowa ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Tsi tre ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe agbo la me, eye nàɖe gbeƒã nya sia le afi ma be: Mi Yudatɔ, siwo gena ɖe agbo sia me be yewoasubɔ Aƒetɔ la, mise Aƒetɔ ƒe nya.