Jeremiah 7:20 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Eya ta, ale Aƒetɔ Yehowa gblɔe nye esi: ‘Woatrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helĩhelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi, ɖe amewo kple lãwo siaa dzi, ɖe atiwo kple gbewo kple atikutsetse siwo le anyigba dzi la dzi woabi dzo eye womatsi o.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi. Kpɔ ɖa, nye dɔmedzoe kple nye dziku atrɔ akɔ ɖe teƒe sia, amegbetɔwo kple lãwo, gbemetiwo kple anyigba dzi kutsetsewo dzi, eye woabi, womatsii o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ Mawu be, kpɔ ɖa, matrɔ nye dziku kple dɔmedzoe helihelĩ akɔ ɖe teƒe sia dzi. Makɔe ɖe amegbetɔ kple lã, gbemetiwo kple kutsetsewo gɔ̃ hã dzi. Abi nu, womate ŋu atsii o.”