Jeremiah 7:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke boŋ mede se sia na wo. Miwɔ ɖe nye gbe dzi ekema manye miaƒe Mawu eye mianye nye dukɔ. Mizɔ le mɔ siwo ƒe se mede na mi la dzi, be wòanyo na mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke boŋ nya siae metsɔ de se na wo be: Mise nye gbe, ne manye miaƒe Mawu, eve miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ nye mɔ, si meɖo na mi la dzi, be eme nanyo na mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke boŋ mewɔ se sia na wo be: ‘Mise nye gbe, ne manye mia Mawu, eye miawo mianye nye dukɔ, eye mizɔ mɔ si ƒe se mede na mi la dzi, be eme nanyo na mi.’