Jeremiah 8:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta maxɔ wo srɔ̃wo atsɔ na ŋutsu bubuwo eye maxɔ woƒe agblewo atsɔ na amedzrowo. Tso ɖeviawo dzi va se ɖe tsitsiawo dzi, wo katã le ŋu biãm ɖe viɖe ŋu. Nyagblɔɖilawo kple Nunɔlawo siaa nye ameblelawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata matso wo srɔ̃wo na ame tutɔwo kple woƒe agblewo na wo nyãlawo, elabena ŋuklẽlawo sɔŋ wonye tso ɖeviawo dzi vaseɖe tsitsiawo dzi, alakpadalawo sɔŋ wonye tso nyagblɔɖilawo dzi vaseɖe nunɔlawo dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta matsɔ wo srɔ̃wo ana ame bubuwo, eye matsɔ woƒe agble ana ame siwo ɖu wo dzi le aʋa me. Elabe wo katã woklẽa ŋu ɖe viɖe madzɔmadzɔ kpɔkpɔ ŋuti, tso ame gblɔewo dzi va se ɖe ame ŋkutawo dzi, eye tso gbeƒãɖelawo dzi va se ɖe nunɔlawo dzi, ame sia ame nye alakpanuwɔla.