Jeremiah 8:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Woasia wo, eye ɣe aɖu wo, ɣleti kple dziƒoŋunuwo aklẽ ɖe wo dzi, nu siwo wotsɔ lɔlɔ̃ na hesubɔ nu siwo yome wodze hebia nu le wo gbɔ eye wode ta agu na wo. Womafɔ wo alo aɖi wo o, ke boŋ woanɔ abe gbeɖuɖɔ ene anɔ anyigba.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
ahasia ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo nu, nusiwo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, wodze wo yome, wobia nu wo se, eye wode ta agu na wo; womafɔ wo o, eye womatsɔ wo aɖi o, eye woazu gbeɖuɖɔ le anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woasia wo ɖe ɣe kple ɣleti kpakple dziƒo ŋu nuwo katã nu. Nu siawo ƒe nya wolɔ̃, eye wosubɔ, nu siawo yome wodze, wodi, eye wode ta agu na. Womaƒo wo nu ƒu loo, alo aɖi wo o. Woazu abe lãmí ene ɖe anyigba dzi.