Job 1:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi mekpɔ ɖe nu le nya la me o la, dɔla bubu va gblɔ be, “Kaldeatɔwo ƒe adzoha etɔ̃ va dze wò kposɔwo dzi eye wolé wo dzoe. Wowu dɔlawo kple yi, nye ɖeka koe te ŋu si be mava gblɔe na wò!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi mekpɔ ɖe nu le eme o le ame bubu va gblɔ bena: Kalɖeatɔwo dze aʋalɔgo etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, wole wo, eye wowu ɖɔlaawo kple yi, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame sia hã mekpɔ ɖe nu le eƒe nyaa me o, kasia ame bubu va do be: “Kaldea-dzoha hatsotso etɔ̃ va dze kposɔawo dzi, lé wo dzoe. Wowu dɔlaawo katã kple yi. Nye ɖeka koe susɔ, eye mesí va be magblɔe na wò.”