Job 1:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
kpe ɖe alẽ akpe adre (7,000), kposɔ akpe etɔ̃ (3,000), nyi siwo wode kɔkuti kɔ na woŋlɔa agblee eveve teƒe alafa atɔ̃ (500) kple tedzi alafa atɔ̃ (500) kple subɔla gbogbo aɖewo ŋu. Eyae nye ŋutsu si de ŋgɔ wu ame sia ame le ɣedzeƒetɔwo katã dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe lãwo le ale akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃ kpakple dɔla geɖewo fũ. Eye ŋutsu sia ɖo kpo ɖe ɣedzeƒeviwo katã dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe lãhawo ƒe xexlẽme nye: alẽ akpe adrẽ, kposɔ akpe etɔ̃, nyi eveve teƒe alafa atɔ̃ kple tedzinɔ alafa atɔ̃. Dɔla geɖe fũu hã nɔ esi, ale be kesinɔtɔ aɖeke mede enu le ɣedzeƒenyigbawo katã dzi o.