Job 1:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Via ŋutsuwo ɖoa nuɖukplɔ̃ na wo xɔlɔ̃wo ɖe woƒe aƒewo me ɖe wo nɔewo yome eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woaɖu nu ano nu kple yewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye viaŋutsuwo tua aglo ɖe woƒe aƒewo me, wo dome ɖesiaɖe le ŋkeke, si dze edzi la dzi, eye wodɔa ame da woɖakpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo, be woaɖu nu, eye woana nu kple yewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Via ŋutsuwo wɔ ɖoɖo, eye wotua aglo ɖua nu le wo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe aƒeme le ŋkeke vovovowo dzi, eye wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo hã vanɛ be woava ɖu nu, ano nu kple yewo.