Job 1:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne kplɔ̃ɖoɖo la dze wo dzi kpe ɖo vɔ la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋuti. Esaa numevɔ ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe nu, le ŋdi kanya elabena esusuna be, “Ɖewohĩ vinyewo wɔ nu vɔ̃ eye wodo ɖiŋu na Mawu le woƒe dziwo me.” Esiae Hiob wɔna ɖaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame da woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ. Alea Hiob wona ɣesiaɣi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne dzidzɔkpɔɣi la wu nu gbe sia gbe la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa viawo ŋuti. Efɔna ŋdi kanya ɖasaa numemevɔ ɖe viawo ƒe xexlẽme nu. Egblɔna edziedzi be: “Ðewohĩ, vinyewo anyawɔ nuvɔ̃, eye woado vlo Mawu le woƒe susu me mahĩ.” Ale Hiob wɔa esia edziedzi.