Job 10:18 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“ ‘Ke nu ka ŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me? Ɖe meku ɖe danye ƒe dɔ me la, adzɔ dzi nam ŋutɔ, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nukaŋuti nèna medo tso danye ƒe dɔ me ɖo? Ɖe wònye ɖe metso me la, anye ne ŋkua ɖeke mekpɔm o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Nu ka ta nèna medo tso nɔnye ƒe dɔme ɖo? Ne ɖe metsi ʋu me la, anye ne ŋku aɖeke mekpɔm o.