Job 2:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Hiob ɖo eŋu nɛ be, “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ɖe míaxɔ nu nyuiwo ko tso Mawu gbɔ eye menye vɔ̃ hã oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ le eƒe nuƒoƒo me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke eya ɖo ŋu nɛ bena: Eƒo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Miexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe miaxɔ vɔ̃ hã oa? Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Hiob ɖo eŋu nɛ be: “Èle nu ƒom abe nyɔnu movitɔ ene. Ne Mawu na nu nyui mí la, míexɔnɛ. Ne ena vɔ̃ mí ɖe, ɖe míaxɔe oa?” Le nu siawo katã me la, Hiob meke nu gblɔ nya vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.