Job 2:3 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Yehowa bia Satana be, “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mele anyigba dzi de enu o, enye ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe, ame si vɔ̃a Yehowa eye wòtsri vɔ̃. Togbɔ be ède adã menye ɖe eŋu be magblẽ edome esi mewɔ naneke o hã la, egalé eƒe blibodede la me ɖe asi ko.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yehowa gblɔ na Satana be: Ele ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, ye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi o. Egale eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ko, ke woa ède adã ta me nam, be magblẽ edome naneke mawɔmawɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ bia Satana be: “Èlé ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Mokaka mele eŋu o; enye ame dzɔdzɔe, evɔ̃a Mawu, eye wòtsri vɔ̃wɔwɔ. Eya gale nu dzɔdzɔe wɔwɔ dzi ko togbɔ be nète ɖe dzinye be magblẽ edome, evɔ mewɔ naneke hafi o.”