Job 32:2 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete dzi ku Buzitɔ, Elihu, ame si nye Barakel ƒe vi, tso Ram ƒe ƒomea me vevie ɖe Hiob ŋu le esi wòbu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete dzi ku Elihu, Buzitɔ Baraxel ƒe vi, amesi tso Ram-ƒome la me la; Hiob ŋue dzi kui ɖo, elabena ebu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Elihu do dziku be Hiob bu eɖokui ame dzɔdzɔe wu Mawu. Elihu nye Baraxel vi, eye Baraxel nye Buz ƒe dzidzimevi tso Ram-ƒome la me.