Job 42:10 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Hiob do gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta vɔ la, Yehowa gawɔe kesinɔtɔe abe tsã ene eye wòdzi eƒe kesinɔnuwo ɖe edzi nɛ zi eve wu tsã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yehowa gaɖo Hiob tè, le esi wòde kuku ɖe xɔlɔ̃awo ta la ŋuti; eye Yehowa dzi nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aƒetɔ gbugbɔ Hiob ƒe nunyonamewo ɖo te, esi wòdo gbe ɖa ɖe exɔlɔ̃awo ta. Aƒetɔ tsɔ nu siwo nɔ esi tsã la ƒe teƒe eve nɛ.