Job 42:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nɔviŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo katã kple eƒe ame nyanyɛwo katã va egbɔ eye woɖu nu kplii le eƒe aƒe me. Wofa akɔ nɛ, hede dzi ƒo nɛ ɖe dzɔgbevɔ̃e siwo Yehowa he va edzii la ta eye wo dometɔ ɖe sia ɖe na klosaloga kple sikasigɛe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nɔviaŋutsuwo kple nɔvianyɔnuwo katã kpakple eƒe ame nyanyɛ tsãtɔwo katã va egbɔ; woɖu nu kplii le eƒe me, eye wodo baba nɛ hefa akɔ nɛ le dzɔgbevɔ̃e, siwo katã Yehowa he va edzi la ta, eye wo dome amesiame tsɔ kesita ɖekaɖeka kple sikasigɛ ɖekaɖeka nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete nɔvia ŋutsuwo kple nɔvia nyɔnuwo kpakple eƒe ame nyanyɛ xoxoawo katã va kpɔe ɖa, eye woɖu nu kplii le eƒe aƒeme. Wodo baba nɛ, eye wofa akɔ nɛ le vɔ̃ siwo katã Aƒetɔ he va edzi la ta. Wo dome ame sia ame na ga kple sikasigɛe.