Job 42:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta azɔ mitsɔ nyitsu adre kple agbo adre, ne miayi ɖe nye dɔla Hiob gbɔ eye miasa numevɔ na mia ɖokuiwo. Nye dɔla Hiob ado gbe ɖa ɖe mia ta, mase eƒe gbedodoɖa eye nyemaɖo miaƒe bometsinuwo teƒe na mi o elabena mieƒo nu nyui tso ŋutinye abe nye dɔla Hiob ene o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eyata milé nyitsu adre kple agbo adre, eye miyi nye dɔla Hiob gbɔ, ne wòasa numevɔ na mi, eye nye dɔla Hiob naɖe kuku ɖe mia ta; elabena eya ke ƒe ŋku me makpɔ, hafi nyiemaɖo bometsitsi la teƒe na mi o; elabena mieƒo nu nyuia ɖeke le ŋunye abe nye dɔla Hiob ene o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta mitsɔ nyitsu adrẽ kple agbo adrẽ ne miayi nye dɔla Hiob gbɔ, ne miawɔ numemevɔsa ɖe miawo ŋutɔ ta. Nye dɔla Hiob ŋutɔ ado gbe ɖa ɖe mia ta. Maxɔ eƒe gbedodoɖa la, eye nyemahe to na mi le miaƒe bometsitsi ta o. Miegblɔ nya dzɔdzɔe le ŋunye abe ale si nye dɔla Hiob ya gblɔe ene o.”