John 1:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nya la trɔ zu ŋutilã va nɔ mía dome, eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒe la. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nya la va zu amegbetɔ henɔ mía dome, eye amenuvenu kple nyateƒe yɔe taŋ. Míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe. Ŋutikɔkɔe si wòxɔ abe Tɔ́ la Vi ɖeka hɔ̃ la ene la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nya la trɔ zu ame va nɔ mía dome le anyigba sia dzi eye eƒe agbe yɔ fũu kple amenuveve kple nyateƒea. Mí ame aɖewo míekpɔ eƒe Ŋutikɔkɔe si nye Mawu, Fofo la, ƒe Vi ɖeka hɔ̃ɔ la tɔ.