John 1:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
(Yohanes ɖi ɖase tso eŋuti gblɔ be, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le, esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’ ”)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, eye wòdo ɣli gblɔ bena: Esia nye amesi ŋuti megblɔ le bena: Amesi, le megbenye gbɔna la, tre vava nam, elabena eli, hafi meli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yohanes ɖi ɖase le eŋuti, do ɣli be: “Ame sia ŋutie megblɔ le be, ‘Ame si le megbenye gbɔna la do ŋgɔ nam elabe eli hafi meva dzɔ.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yohanes ɖi ɖase le eŋuti hegblɔ bena, “Ame siae nye ame si ŋu menɔ nu ƒom le na mi esi megblɔ be, ‘Ame aɖe si li xoxoxo hafi meva dzɔ la gbɔna, ame sia de ŋgɔ wum sãa.’”"