John 1:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si nye Via ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si nɔ anyi ɖe Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o; Tenuvi si le Fofoa kɔme la, eya gblɔe fia mi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o. Via ɖeka hɔ̃ si tso Tɔ́ la ƒe akɔnu va lae gblɔ ame si Mawu nye la fia mí.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame aɖeke mekpɔ Mawu kpɔ o, ame si ke nye Vi ɖeka hɔ̃ɔ la, ame si sɔ kple Mawu eye wòle Fofo la ƒe axadzi la, eyae ɖee fia mí.