John 1:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wogabiae be, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí, ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí la. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wogblɔ nɛ bena: Ameka gã nènye? Bena miana ŋuɖoɖo amesiwo dɔ mi ɖa. Nuka gblɔm nèle le ɖokuiwò ŋu?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wobiae be: “Ekema ame ka koŋ nènye? Na ŋuɖoɖo mí ne míaɖagblɔ na ame siwo dɔ mí ɖa la. Ame ka wò ŋutɔ nèbe yenye?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Amedɔdɔawo gayi edzi biae bena, “Ke ame ka tututue nènye? Gblɔe na mí ale be míanya nya si míagblɔ na ame siwo dɔ mí. Gblɔ nya aɖe na mí tso ɖokuiwò ŋu.”