John 1:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yohanes gagblɔ be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o, gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Ne èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae be eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nyemenyae o; ke amesi dɔm be, made mawutsi ta na amewo kple tsi la, eya ke gblɔ nam bena: Amesi ke dzi nakpɔ Gbɔgbɔ la le ɖiɖim ɖo, eye wònɔ edzi la, eyae nye amesi le mawutsi dem ta na amewo kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nye la nyemedze sii o; ke ame si dɔm ɖa be male mawutsi na amewo kple tsi la gblɔ nam be: ‘Ame si dzi nàkpɔ Gbɔgbɔ la wòaɖi ɖo, ahanɔ edzi la, eyae nye ame si ale tsi na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yohanes gblɔ ake be, “Nye la, nyemenya be eyae nye amea o. Gake esi Mawu ɖom ɖa be made mawutsi ta na amewo la, egblɔ nam be, ‘Nenye be èkpɔ Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wòle ɖiɖim ɖe ame aɖe dzi la, nyae bena eyae nye ame si dim nèle. Eyae ade mawutsi ta na amewo kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la.’