John 1:39 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ na wo be, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me, eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi dzo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egblɔ na wo bena: Miva kpɔe. Eye wova, eye wokpɔ afisi wònɔna; eye wonɔ anyi kplii le ŋkeke ma dzi, anɔ gaƒoƒo ewolia dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na wo be: “Miva kpɔe ɖa.” (Ɣe ma ɣi anye ɣetrɔ ga ene me lɔƒo.) Ale woyi kplii ɖakpɔ enɔƒe, eye wonɔ egbɔ gbe ma gbe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ na wo bena, “Miva kpɔe ɖa.” Ale wokplɔe ɖo yi aƒe si me wònɔna la me eye wonɔ egbɔ tso ɣetrɔ ga ene me va se ɖe fiẽ hafi trɔ dzo.