John 1:41 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn, eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la” (si gɔmee nye Kristo).
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya kpɔ ye ŋuta nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ bena: Míekpɔ Mesia la, (si gome enye Kristo).
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya kpɔ nɔvia Simon gbã, eye wògblɔ nɛ be: “Míekpɔ Mesia la.” (Esia gɔmee nye Kristo.)
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nu gbãtɔ si Andrea wɔ lae nye be edi nɔvia Simɔn eye wògblɔ nɛ be, “Míekpɔ Mesia la”, si gɔmee nye Kristo la