John 10:12 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la, ne ekpɔ amegaxi wògbɔna la, esina, elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegaxi la dzea alẽawo dzi, eye wokakana gbẽe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyee nye alẽkplɔla nyui la, alẽkplɔla nyui la tsoa eƒe agbe ɖoa anyi ɖe alẽawo ta. Eye amesi nye agbatedɔwɔla, eye menye alẽkplɔla o, amesi alẽawo menye eya ŋuta tɔ o la, kpɔa amegãxi gbɔna, eye wògblẽa alẽawo ɖi, eye wòsina, eye amegãxi la léa alẽawo, eye wòka wo gbẽ;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke alẽkplɔla si woxea fe na eye alẽawo menye eya ŋutɔ tɔ o la, ne ekpɔ amegãxi wògbɔna la, egblẽa alẽawo ɖi hesína. Amegãxi la léa alẽawo eye wòkaa wo hlẽna.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke apadɔwɔla si woxɔ be wòakpɔ alẽawo dzi la meléa be na wo o. Ne ekpɔ amegâxi wògbɔna la, esina elabena alẽawo menye etɔ o. Ale amegãxi la dzea alẽawo dzi hevuvua ɖewo, eye mamlɛawo kakana gbee.