John 10:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Alẽha bubuwo le asinye siwo mele alẽkpo sia me o. Ele be makplɔ wo va gbɔnyee. Woawo hã, woase nye gbe be wo katã woanye alẽha ɖeka, anɔ Kplɔla ɖeka te.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye alé bubuwo le asinye, siwo metso alẽxɔ sia me o, eye ele nam be, makplɔ woawo hã, eye woase nye gbe, eye woazu alẽha ɖeka kple alẽkplɔla ɖeka.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Alẽ bubuwo le asinye, siwo metso alẽkpo sia me o. Ele nam be makplɔ woawo hã, ne woase nye gbe, ale be wo katã woava nye alẽha ɖeka, alẽkplɔla ɖeka nanɔ wo nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Alẽha bubuwo hã le asinye siwo wòle be makplɔ va gbɔnyee bena woase nye gbe, eye wo katã woanye alẽha ɖeka anɔ Kplɔla ɖeka te.