John 10:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe ɖo anyi. Ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe aɖo anyi be magaxɔe. Sedede siae mexɔ tso Fofonye gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke mexɔe le asinye o, ke nye ŋutɔe tsɔe ɖo anyi le ɖokuinye si; ŋusẽ le asinye, be matsɔe ɖo anyi, eye ŋusẽ le asinye, be magatsɔe. Nenem se sia la mexɔa tso Fofonye gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke maxɔe le asinye o, elabe nye ŋutɔe tsɔe na le ɖokuinye si. Ŋusẽ le asinye be matsɔe ana, eye ŋusẽ gale asinye hã be magaxɔe. Alea ye Tɔ́nye ɖoe nam.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nye ŋutɔe lɔ̃ tsɔ nye agbe na elabena ŋusẽ le asinye be matsɔ nye agbe ana eye ŋusẽ le asinye be magaxɔe. Mɔnukpɔkpɔ siae Fofo la tsɔ nam.”